1Esiae nye gbedeasi si va na Yoel, Petuel ƒe vi, tso Yehowa gbɔ.
2Miɖo to afii, mi Israel ƒe ame tsitsiwo! Mi anyigbadzitɔwo, mise nya sia ɖa. Le miaƒe agbemeŋkekewo katã me ɖe, miese nya sia tɔgbi kpɔa?
3Mitsɔe xlɔ̃ nu mia viwoe eye woawo hã nagblɔe na wo viwo ne wòazu xotunya tso dzidzime yi dzidzime.
4Nu siwo ʋetsuviwo ƒe ha gã agblẽ ɖi la, ʋetsuviwo aɖui, nu siwo ʋetsuviwo agblẽ ɖi la, ʋetrawo aɖui, eye nu siwo ʋetrawo agblẽ ɖi la, abɔwo aɖui.
5Minyɔ, mi ahanomunɔwo, ne miafa avi hehehe, mi waintsunolawo, mifa avi, elabena woɖe wain le miaƒe nu me, eye miagakpɔ wain yeye ano o!
6Dukɔ gã aɖe va xɔ anyigba la katã dzi. Ŋɔdzi le wo ŋu ŋutɔ eye ame aɖeke mate ŋu axlẽ wo o, evɔ woƒe aɖuwo hã le ɖaɖam abe dzatatsu ƒe aɖuwo kple dzatanɔ ƒe tsyowo ene!
7Wogblẽ nye waingble dome. Wogblẽ nye gbotiwo, wokuko tsro le atilɔwo ŋuti ƒiaƒiaƒia eye wofu ɣie.
8Mifa konyi abe ale si ɖetugbi si ƒe ŋugbetɔsrɔ̃ ku la wɔnɛ ene.
9Nuɖuvɔsa kple nunovɔsa le Yehowa ƒe gbedoxɔ me nu tso; ale dɔwuame to na nunɔlaawo kple ame siwo subɔna le Yehowa ƒe aƒe me eye wole konyi fam.
10Agblewo ɖi gbɔlo, anyigba ƒu kplakplakpla, bliwo dome gblẽ, wain yeye megali o, eye ami hã nu tso.
11Azɔ mi agbledelawo, dzika netso mia ƒo, eye mialulũ, mi waingbledelawo, mifa avi sesĩe. Mifa avi ɖe lu kple ƒo hã ta elabena nuŋeŋe nu tso le agble me.
12Wainkawo ku, gboti yrɔ, yevuboɖatiwo ƒu, detiwo kple atɔtɔŋutiwo kple agblemetiwo katã kura hã ku. Amegbetɔ ƒe dzidzɔ ɖe sia ɖe nu tso.
13O mi nunɔlawo, mita akpanya eye mixa nu. Mifa avi, mi ame siwo subɔna le vɔsamlekpui la ŋgɔ, mitsi ŋu dɔ miafa avi zã blibo la katã, mi ame siwo subɔna le nye Mawu ŋkume. Elabena womagatsɔ nuɖuvɔsa kple nunovɔsa va miaƒe Mawu la ƒe aƒe me o.
14Miɖo nutsitsidɔ kɔkɔe eye miyɔ takpekpe tɔxɛ. Miyɔ ame tsitsiwo kple anyigbadzinɔlawo katã yi ɖe Yehowa, miaƒe Mawu la ƒe gbedoxɔ me eye miafa avi le afi ma na Yehowa.
15O ŋkeke ma! Elabena Yehowa ƒe ŋkeke la tu aƒe. Ava abe gbegblẽ ene tso Ŋusẽkatãtɔ la gbɔ.
16Ɖe nuɖuɖuwo mevɔ le mia ŋkume eye dzidzɔ kple aseyetsotso le miaƒe Mawu la ƒe gbedoxɔ me mawu enu oa?
17Nukuwo ƒaƒã ɖe woƒe gowo me, blivawo kple texɔwo tsi ƒuƒlu eye bli matsimatsiwo ku, heƒu ɖe bo dzi.
18Nyiwo le ŋeŋem, nyihawo le nu kpɔm nublanuitɔe, elabena nuɖuɖu meli na wo o, eye alẽhawo le fu kpem.
19Yehowa, xɔ na mí! Elabena dzo bi gbe damawo, eye dzo ƒe aɖe fia atiwo katã le gbedzi.
20Gbemelãwo gɔ̃ hã le ɣli dom be nàxɔ na yewo, elabena tsi mie le tɔʋuwo me, dzo bi gbe siwo le lãnyiƒewo keŋ.