1Esiawoe nye nya siwo Mose, Mawu ƒe ame la tsɔ yra Israelviwo hafi ku:
2“Yehowa va mía gbɔ le Sinai to la gbɔ; eɖiɖi ɖe mía dzi tso Seir to la dzi. Eklẽ tso Paran to la dzi ame kɔkɔe akpe nanewo ƒo xlãe, dzo bibi nɔ eƒe nuɖusime.
3Elɔ̃ eƒe amewo ŋutɔ eƒe ame kɔkɔewo le eƒe asi me wole wò afɔtoƒe tom woxɔ woƒe ɖoɖowo tso gbɔwò.
4Wò se siwo mede na wo la, esiwo nye Yakob ha la ƒe domenyinu.
5Yehowa zu fia le Yesurun esime Israel ƒe towo kpe ta.
6“Ruben anɔ agbe tegbee eƒe dzidzimeviwo asɔ gbɔ!”
7Eye Mose gblɔ tso Yuda ŋu be: “O! Yehowa, se Yuda ƒe kokoƒoƒo, na wòawɔ ɖeka kple Israel wɔ aʋa kple eƒe futɔwo nɛ.”
8Mose gblɔ tso Levi ƒe viwo ŋu be: “Tsɔ wò Urim kple Tumim na wò ame kɔkɔe Levi. Èdo Levi kpɔ le Masa; nèwɔ dzre kplii le Meriba tsia gbɔ.
9Ewɔ wò ɖoɖowo dzi, ewu nu vɔ̃ wɔla geɖewo, eya ŋutɔ ƒe viwo, nɔviŋutsuwo, fofowo kple dadawo gɔ̃ hã.
10Levitɔwo afia Mose ƒe seawo Israel woasubɔ wò le dzudzɔdovɔsamlekpui kple numevɔsamlekpui la dzi.
11O! Yehowa, yra Levitɔwo kpɔ ŋudzedze le woƒe dɔ siwo wowɔna na wò la ŋu. Fiti woƒe futɔwo gbidigbidi na womagafɔ gbeɖe o.”
12Mose gblɔ tso Benyamin ŋu be, “Yehowa ƒe lɔlɔ̃tɔe wònye ele dedie le egbɔ Yehowa tsɔ ametakpɔkpɔ ƒo xlãe, ɖenɛ tso dzɔgbevɔ̃e ɖe sia ɖe me.”
13Mose gblɔ tso Yosef ƒe to la ŋu be, “Yehowa nayra eƒe anyigba kple nunana nyuitɔwo tso dziƒo kple esiwo tso anyigba ƒe tume.
14Yehowa nayrae kple nuku nyuitɔwo tso esiwo ɣe nana wotsina la dome wòana nuwoe fũu ɣleti sia ɣleti
15nuku siwo wɔna nyuie le towo dzi kple esiwo wɔna nyuie le togbɛwo dzi,
16Yehowa nayrae kple nunana nyuitɔwo kple anyigbadzinu geɖewo, kpakple Mawu, ame si ɖe eɖokui fia le ŋuve ƒe bibi me la ƒe amenuveve. Yayra siawo katã nava Yosef dzi. Ame si nye fiavi le nɔviawo dome.
17Ele abe nyitsuvi ene Le ŋusẽ kple ɖekadzedze me. Eto dzo abe to ƒe dzowo ene; Wòawo wòatsɔ tu dukɔwo aƒu anyi le afi sia afi. Esiae nye nye yayra na Efraim ƒe ame akpe nanewo kple Manase tɔ akpe akpewo.”
18Mose gblɔ tso Zebulon ŋu be, “O! Zebulon, tso aseye le wò gododo ŋuti, eye Isaka, kpɔ dzidzɔ wò ame si lɔ̃a agbadɔmenɔnɔ.
19Woawoe akpe amewo be woaɖu yewoƒe vɔsanuwo kple yewo. Kpɔ ɖa, woaɖu atsiaƒumenu nyuiwo kple nu nyuitɔwo tso anyigba me.”
20Mose gblɔ tso Gad ŋu be, “Woayra Gad ƒe kpeɖeŋutɔwo, Gad tsyɔ akɔ anyi abe dzata ene be yeavuvu abɔ kple ta.
21Wotsɔ anyigba ƒe nyuiƒewo na wo ɖokuiwo; wotsɔ kplɔla ƒe ɖuƒewo na wo. Wowɔ Yehowa ƒe sewo kple ɖoɖowo dzi.”
22Mose gblɔ tso Dan ŋu be, “Dan le abe dzatavi si le kpo tim tso Basan ene.”
23Egblɔ tso Naftali ŋu be: “O! Naftali, Yehowa yra wò ŋutɔ. Wò anyigba ɖo anyigbeme tso Galilea ƒu la nu.”
24Mose gblɔ tso Asar ŋu be: “Woayra Aser wu to bubuawo katã; wokpɔ ŋudzedze le eŋu wu nɔviawo, amiti geɖewo amie na wò.
25Woatsɔ gayibɔ kple akɔbli atu wò du ƒe agbowoe àkpɔ ŋusẽ le wò ŋkekewo katã me!
26Ame aɖeke mede Yehowa, Yesurun ƒe Mawu la nu o. Eɖiɖina tso dziƒo Le fianyenye kple ŋutikɔkɔe me be yeaxɔ na wò.
27Mawu mavɔ lae nye wò sitsoƒe, eƒe abɔ mavɔ la le anyigba te. Enyaa wò futɔwo ɖa le ŋgɔwò eyae gblɔ na mi be, ‘Mitsrɔ̃ wo!’
28Ale Israel nɔa anyi dedie; le anyigba si dzi bli kple wain bɔ ɖo, eye tsi dzana tso dziƒo ɖo.
29Woayra wò, Israel, ŋutɔŋutɔ! Ame bubu kae gakpɔ ɖeɖe tso Yehowa gbɔ? Wò akpoxɔnu kple kpeɖeŋutɔe! Eyae nye wò yi ɖaɖɛ la. Wò futɔwo ade ta agu le ŋgɔwò eye nànya avuzi le wo dzi!”